Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ðe Nyagblɔɖi Siwo Ku Ðe Mesia Ŋu Ðo Kpe Edzi Be Yesue Nye Mesia La?

Ðe Nyagblɔɖi Siwo Ku Ðe Mesia Ŋu Ðo Kpe Edzi Be Yesue Nye Mesia La?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Ɛ̃. Esime Yesu nɔ anyigba dzia, nya siwo wogblɔ ɖi le “Mesia Kplɔla,” si anye “xexea ɖela” ŋu la dometɔ gbogbo aɖewo va eme ɖe eya amea dzi. (Daniel 9:25; 1 Yohanes 4:14) Eye esi Yesu ku megbe gɔ̃ hã, nyagblɔɖi siwo ku ɖe Mesia ŋu gava eme ɖe eya amea dzi.—Psalmo 110:1; Dɔwɔwɔwo 2:34-36.

 Nya “Mesia” gɔme ɖe?

 Hebrigbe me nya Ma·shiʹach (Mesia) kple Helagbe me nya si sɔ kplii, si nye Khri·stos (Kristo) la siaa gɔmee nye “Amesiamina.” Eya ta “Yesu Kristo” gɔmee nye “Yesu Amesiamina,” alo “Yesu Mesia.”

 Le Biblia ŋlɔɣiwoa, ale si wosia ami na ame aɖe si wotsɔ ɖo ɖoƒe tɔxɛ aɖe ye nye be wokɔa ami ŋutɔŋutɔ ɖe tame nɛ. (3 Mose 8:12; 1 Samuel 16:13) Mawu ɖo Yesu be wòanye Mesia la, si fia be ena ŋusẽ gã aɖee. (Dɔwɔwɔwo 2:36) Gake menye ami ŋutɔŋutɔe Mawu si na Yesu ya o, ke boŋ gbɔgbɔ kɔkɔe ye wòtsɔ si ami nɛ.—Mateo 3:16.

 Ðe Mesia ŋuti nyagblɔɖiwo ate ŋu ava eme ɖe ame siwo wu ɖeka dzia?

 Ao. Abe ale si ko amegbetɔwo ƒe asibidɛnudzesiwo mesɔ o enea, nenema kee ame ɖeka dzi koe Biblia me nyagblɔɖi siwo ku ɖe Mesia alo Kristo la ŋu ava eme ɖo. Gake Biblia xlɔ̃ nu be “aʋatsokristowo kple aʋatsonyagblɔɖilawo ado, eye woawɔ dzesi gãwo kple nukunuwo bena, ne woate ŋui la, woaflu ame tiatiawo gɔ̃ hã.”—Mateo 24:24.

 Etsɔmee Mesia la adoa?

 Ao. Biblia gblɔe ɖi be Mesia la anye Israel Fia David ƒe dzidzimevi. (Psalmo 89:3, 4) Gake Yudatɔwo ƒe dzidzimegbalẽ siwo li va ɖo David dzi la bu, ɖewohĩ Romatɔwo anya gblẽ wo dome esime wotsrɔ̃ Yerusalem le ƒe 70 K.Ŋ. a Tso ɣemaɣi dzia, naneke meli ame aɖe atsɔ aɖo kpe edzi be yetso David ƒe fiaƒome me o. Gake esi dzidzimegbalẽ mawo nɔ anyi le Yesu ŋɔli ya ta, esi Yesu gblɔ be yenye David ƒe dzidzimevia, eƒe futɔwo gɔ̃ hã mete ŋu ke ɖii o.—Mateo 22:41-46.

 Mesia ŋuti nyagblɔɖi nenie le Biblia me?

 Míate ŋu ayɔ Mesia ŋuti nyagblɔɖiwo ƒe xexlẽme aɖeke koŋ o. Le kpɔɖeŋu me, nyagblɔɖi siwo ku ɖe Mesia ŋu tẽe gɔ̃ hã ƒe xexlẽme ate ŋu anɔ vovovo le ale si ame xlẽ woe nu. Yesaya 53:2-7 gblɔ nu vovovo siwo adzɔ ɖe Mesia dzi la ɖi. Ame aɖewo abui be kpukpui siawo katã nye nyagblɔɖi ɖeka, gake ame bubuwo abu nu vovovo siwo woyɔ la dometɔ ɖe sia ɖe be enye nyagblɔɖi le eɖokui si.

 Mesia ŋuti nyagblɔɖi siwo va eme ɖe Yesu dzi dometɔ aɖewo

Nyagblɔɖi

Afi si wòdze le

Emevava

Anye Abraham ƒe dzidzimevi

1 Mose 22:17, 18

Mateo 1:1

Anye Abraham vi Isak ƒe dzidzimevi

1 Mose 17:19

Mateo 1:2

Woadzii ɖe Israel-to si nye Yuda me

1 Mose 49:10

Mateo 1:1, 3

Atso Fia David ƒe fiaƒomea me

Yesaya 9:7

Mateo 1:1

Ðetugbui nɔaƒee adzii

Yesaya 7:14

Mateo 1:18, 22, 23

Woadzii le Betlehem

Mika 5:2

Mateo 2:1, 5, 6

Woana ŋkɔe be Imanuel b

Yesaya 7:14

Mateo 1:21-23

Woadzii le ƒome tsɛ aɖe me

Yesaya 53:2

Luka 2:7

Woawu ɖeviwo le edzidzi megbe

Yeremiya 31:15

Mateo 2:16-18

Woayɔe tso Egipte

Hosea 11:1

Mateo 2:13-15

Woayɔe be Nazaretetɔ c

Yesaya 11:1

Mateo 2:23

Dɔla aɖe adze eŋgɔ

Malaki 3:1

Mateo 11:7-10

Woasi ami nɛ wòzu Mesia le ƒe 29 K.Ŋ. d me

Daniel 9:25

Mateo 3:13-17

Mawu aɖo kpe edzi be ye Vie

Psalmo 2:7

Dɔwɔwɔwo 13:33, 34

Dzo anɔ eme ɖe Mawu ƒe aƒea ŋu

Psalmo 69:9

Yohanes 2:13-17

Anye nya nyuia ŋuti gbeƒãɖela

Yesaya 61:1

Luka 4:16-21

Eƒe dutoƒo subɔsubɔdɔ le Galilea anye kekeli na amewo

Yesaya 9:1, 2

Mateo 4:13-16

Awɔ nukunuwo abe Mose ene

5 Mose 18:15

Dɔwɔwɔwo 2:22

Mawu ƒe susuwoe wòagblɔ, abe ale si Mose wɔe ene

5 Mose 18:18, 19

Yohanes 12:49

Ada dɔ na ame geɖewo

Yesaya 53:4

Mateo 8:16, 17

Mahe amewo ƒe susu va eɖokui dzi o

Yesaya 42:2

Mateo 12:17, 19

Ase veve ɖe ame siwo le fu kpem nu

Yesaya 42:3

Mateo 12:9-20; Marko 6:34

Aɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye afia

Yesaya 42:1, 4

Mateo 12:17-20

Aɖaŋuɖola Bibi

Yesaya 9:6, 7

Yohanes 6:68

Ana woanya Yehowa ƒe ŋkɔ

Psalmo 22:22

Yohanes 17:6

Aƒo nu le lododowo me

Psalmo 78:2

Mateo 13:34, 35

Anye kplɔla

Daniel 9:25

Mateo 23:10

Ame geɖe maxɔ edzi ase o

Yesaya 53:1

Yohanes 12:37, 38

Kpe si woakli

Yesaya 8:14, 15

Mateo 21:42-44

Amewo agbee

Psalmo 118:22, 23

Dɔwɔwɔwo 4:10, 11

Woalé fui dzodzro

Psalmo 69:4

Yohanes 15:24, 25

Ado tedzi ayi Yerusalem bubutɔe

Zakariya 9:9

Mateo 21:4-9

Ðeviwo akafui

Psalmo 8:2

Mateo 21:15, 16

Ava le Yehowa ƒe ŋkɔ me

Psalmo 118:26

Yohanes 12:12, 13

Exɔlɔ̃ si dzi wòka ɖo adee asi

Psalmo 41:9

Yohanes 13:18

Woadee asi axɔ klosalo 30 e

Zakariya 11:12, 13

Mateo 26:14-16; 27:3-10

Exɔlɔ̃wo agblẽe ɖi

Zakariya 13:7

Mateo 26:31, 56

Aʋatsoɖasefowo aɖi aʋatsoɖase tso eŋu

Psalmo 35:11

Mateo 26:59-61

Maɖo nya ŋu na ame siwo tso enu o

Yesaya 53:7

Mateo 27:12-14

Woaɖe ta ɖe eŋu

Yesaya 50:6

Mateo 26:67; 27:27, 30

Woaƒo tame nɛ

Mika 5:1

Marko 15:19

Woaƒoe kple atam

Yesaya 50:6

Yohanes 19:1

Magbe be woagaƒo ye o

Yesaya 50:6

Yohanes 18:22, 23

Dziɖuɖumegãwo wɔ ɖeka ɖo nugbe ɖe eŋu

Psalmo 2:2

Luka 23:10-12

Woatsɔ gatagbadzɛwo aƒo eƒe asiwo kple afɔwo ɖe ati ŋu

Psalmo 22:16

Mateo 27:35; Yohanes 20:25

Woadzidze nu ɖe eƒe awuwo dzi

Psalmo 22:18

Yohanes 19:23, 24

Woabui de nu vɔ̃ wɔlawo dome

Yesaya 53:12

Mateo 27:38

Woaɖu fewu le eŋu eye woadzui

Psalmo 22:7, 8

Mateo 27:39-43

Akpe fu ɖe nu vɔ̃ wɔlawo ta

Yesaya 53:5, 6

1 Petro 2:23-25

Adze abe Mawu gblẽe ɖi ene

Psalmo 22:1

Marko 15:34

Woana aha tsitsi kple gbe vevee be wòano

Psalmo 69:21

Mateo 27:34

Tsikɔ awui do ŋgɔ teti na eƒe ku

Psalmo 22:15

Yohanes 19:28, 29

Atsɔ eƒe gbɔgbɔ ade Mawu si

Psalmo 31:5

Luka 23:46

Atsɔ eƒe agbe ana

Yesaya 53:12

Marko 15:37

Axe fe si ana woaɖe nu vɔ̃ ɖa

Yesaya 53:12

Mateo 20:28

Womaŋe eƒe ƒuwo o

Psalmo 34:20

Yohanes 19:31-33, 36

Woaƒo nu ɖee

Zakariya 12:10

Yohanes 19:33-35, 37

Woaɖii ɖe kesinɔtɔwo dome

Yesaya 53:9

Mateo 27:57-60

Woafɔe ɖe tsitre tso ku me

Psalmo 16:10

Dɔwɔwɔwo 2:29-31

Ame bubu axɔ ɖe eyomemɔfiala teƒe

Psalmo 109:8

Dɔwɔwɔwo 1:15-20

Abɔbɔ anɔ Mawu ƒe nuɖusi me

Psalmo 110:1

Dɔwɔwɔwo 2:34-36

a Numekugbalẽ aɖe (McClintock kple Strong ƒe Cyclopedia) gblɔ be: “Ðikeke boo aɖeke mele eŋu o be, Yudatɔwo ƒe towo kple ƒomewo ƒe dzidzimegbalẽwo dome gblẽ esime wotsrɔ̃ Yerusalem, ke menye do ŋgɔ na Yerusalem tsɔtsrɔ̃ o.”

b Hebrigbe me ŋkɔ Imanuel gɔmee nye “Mawu Li Kpli Mí,” eye eɖɔ Mesia ƒe ɖoƒe si Yesu le la nyuie ŋutɔ. Eƒe anyigbadzivava kple dɔ siwo wòwɔ la ɖo kpe edzi be Mawu li kple esubɔlawo.—Luka 2:27-32; 7:12-16.

c Ðewohĩ Hebrigbe me nya neʹtser, si fia “dzedze” mee woɖe nya “Nazaretetɔ” tsoe.

d Àkpɔ Biblia ƒe ɣeyiɣikɔntabubu si ɖee fia be ƒe 29 K.Ŋ. mee Mesia la ava ŋuti nyatakakawo le nyati si nye “Alesi Daniel ƒe Nyagblɔɖia Gblɔ Mesia la ƒe Vava Ðii” me.

e Nyagblɔɖi sia le Zakariya ƒe agbalẽa me, ke hã Biblia ŋlɔla Mateo gblɔ be enye “nya si wogblɔ ɖi to nyagblɔɖila Yeremiya dzi.” (Mateo 27:9) Edze abe ɣeaɖewoɣia, wobua Yeremiya ƒe agbalẽa be eyae nye Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa si woyɔna be “Nyagblɔɖilawo” ƒe gbãtɔ ene. (Luka 24:44) Anɔ eme be Mateo zã nya “Yeremiya” wòfia nyagblɔɖigbalẽ mawo katã, siwo dome Zakariya ƒe agbalẽa hã le.