Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ame Nyui Aɖe Koe Yesu Nyea?

Ame Nyui Aɖe Koe Yesu Nyea?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Ame si Yesu nye la yi ŋgɔ wu ema. Ne mede ɖeke o la, enye ame si ƒe agbenɔnɔ kpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi wu le ŋutinya me. De dzesi nya siwo ŋutinyaŋlɔla kple agbalẽŋlɔla xɔŋkɔ siawo gblɔ tso eŋu:

 “Ðikeke mele eme o be Yesu Nazaretetɔ . . . lae nye ame vevitɔ kekeake si nɔ anyi kpɔ.”—Eŋlisiawo ƒe ŋutinyaŋlɔla H. G. Wells.

 “[Yesu] ƒe agbenɔnɔe kpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi wu le anyigba sia dzi, eye wòyi edzi le ŋusẽ kpɔm ɖe amewo dzi geɖe wu.”—Amerikatɔwo ƒe ŋutinyaŋlɔla kple agbalẽŋlɔla Kenneth Scott Latourette.

 Biblia gblɔ nu si tae Yesu ƒe agbenɔnɔ kpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi wu ame nyui ɖe sia ɖe si nɔ anyigba dzi kpɔ tɔ la na mí. Esi Yesu bia eyomedzela siwo nɔa eŋu kplikplikpli la be ame kae wobuna be yenye hã la, wo dometɔ ɖeka ɖo eŋu wòsɔ nyuie be: “Wòe nye Kristo la, Mawu gbagbe la ƒe Vi.”—Mateo 16:16.