Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ðe Yehowa Ðasefowo Gbãa Ƒomewo Loo Alo Ðe Wotua Wo Ðoa?

Ðe Yehowa Ðasefowo Gbãa Ƒomewo Loo Alo Ðe Wotua Wo Ðoa?

 Mí Yehowa Ðasefowo míedzea agbagba be míatu míawo ŋutɔwo kple ame bubuwo siaa ƒe ƒomewo ɖo. Míedea bubu Mawu ŋu be eyae nye ƒome ƒe ɖoɖoa Wɔla. (1 Mose 2:21-24; Efesotɔwo 3:14, 15) Mawu na mɔfiamewo le Biblia me siwo kpe ɖe ame geɖewo ŋu le xexea me godoo woƒe ƒomewo li ke eye wole dzidzɔ kpɔm.

Ale Si Yehowa Ðasefowo Kpena Ðe Ƒomewo Ŋu Wolia Ke

 Míedzea agbagba vevie be míawɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi, elabe wokpena ɖe mía ŋu míenyea srɔ̃ŋutsu, srɔ̃nyɔnu kple dzila nyuiwo. (Lododowo 31:10-31; Efesotɔwo 5:22–6:4; 1 Timoteo 5:8) Biblia ƒe mɔfiamewo kpena ɖe ƒome siwo me srɔ̃tɔawo le subɔsubɔha vovovowo me la gɔ̃ hã ŋu wokpɔa dzidzedze. (1 Petro 3:1, 2) Se nya siwo ame siwo menye Yehowa Ðasefowo o siwo srɔ̃wo va zu Yehowa Ðasefowo la gblɔ la ɖa:

  •   “Le míaƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe ƒe ade gbãtɔawo me la, dzre kple tukaɖa dzi ko míenɔna. Gake esi Ivete va zu Yehowa Ðasefo la, eva lɔ̃am hegbɔa dzi ɖi nam wu. Ale si wòtrɔ agbenɔnɔ lae lé míaƒe srɔ̃ɖeɖea ɖe te.”​—Clauir si tso Brazil.

  •   “Esi Yehowa Ðasefowo dze Biblia-sɔsrɔ̃ gɔme kple srɔ̃nye Chansa la, nyemelɔ̃ kura o, elabe mesusui be wogbãa ƒomewo. Gake tso ɣemaɣi la, meva kpɔe be Biblia-sɔsrɔ̃ boŋue kpe ɖe míaƒe srɔ̃ɖeɖea ŋu.”​—Agness, srɔ̃nyɔnu si tso Zambia.

 Le míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa me la, míefiaa mía haviwo ale si Biblia me mɔfiamewo dzi wɔwɔ ate ŋu akpe ɖe wo ŋuti

Ne srɔ̃tɔ ɖeka zu Yehowa Ðasefo la, ɖe wòhea masɔmasɔwo dea srɔ̃tɔawo domea?

 Le nyateƒe me la, ehea masɔmasɔwo vɛ ɣeaɖewoɣi. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1998 me la, numekuha si nye Sofres ka nya ta be srɔ̃ɖeɖe 1 le 20 me me koe wode dzesi kuxi sesẽwo le esi srɔ̃tɔawo dometɔ ɖeka va zu Yehowa Ðasefo.

 Yesu gblɔe ɖi be masɔmasɔ ado mo ɖa le ame siwo zɔna ɖe yeƒe nufiafiawo nu la kple woƒe ƒometɔwo dome ɣeaɖewoɣi. (Mateo 10:32-36) Ŋutinyaŋlɔla Will Durant de dzesii be le Roma Fiaɖuƒea me la, “Wotsɔ nya ɖe Kristotɔwo ŋu be wogbãa ƒomewo,” a eye wogblɔa nya ma ke ɖe Yehowa Ðasefo aɖewo hã ŋu egbea. Gake ɖe esia fia be Ðasefoawo gbɔe kuxiawo tsona?

Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒe

 Esi Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒe le nya me tsom ku ɖe nya si wotsɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu be wogbãa ƒomewo ŋu la, egblɔ be ƒometɔawo dometɔ siwo menye Yehowa Ðasefowo o la gbɔe masɔmasɔawo tsona elabena “womedina be yewoaɖe mɔ na yewo srɔ̃wo woakpɔ gome le woƒe subɔsubɔwɔnawo me o eye womedea bubu wo srɔ̃awo ƒe subɔsubɔ hã ŋu o.” Ʋɔnudrɔ̃ƒea gblɔ kpee be: “Alea koe wòdzɔna le srɔ̃tɔ siwo le subɔsubɔha vovovowo me la dome, eye menye ƒome siwo me srɔ̃tɔ ɖeka nye Yehowa Ðasefo ɖeɖe ko mee wòdzɔna le alea o.” b Ne Yehowa Ðasefowo ƒe ƒometɔ siwo menye Yehowa Ðasefowo o le wo yome tim le woƒe subɔsubɔ ta hã la, Yehowa Ðasefoawo ya dzea agbagba be yewoawɔ ɖe Biblia ƒe nya sia dzi be: “Migatsɔ vɔ̃ ɖo vɔ̃ teƒe na ame aɖeke o. . . . Ne anya wɔ, eye wòanye nu si atso mia gbɔ la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me.”—Romatɔwo 12:17, 18.

Nu si ta Yehowa Ðasefowo xɔe se be yewoƒe hametɔwo koe wòle be yewoaɖe

 Yehowa Ðasefowo wɔna ɖe Biblia ƒe mɔfiame si nye be woaɖe srɔ̃ le “Aƒetɔ la me ko,” si fia be woaɖe ame si nye woƒe hametɔ ɖeɖe ko, la dzi. (1 Korintotɔwo 7:39) Sedede sia tso Biblia me eye susu le eme hã. Le kpɔɖeŋu me, wogblɔ le magazine aɖe (Journal of Marriage and Family) si wota le ƒe 2010 me la ƒe nyati aɖe me be, “srɔ̃tɔ siwo le subɔsubɔha ɖeka me, eye woƒe subɔsubɔnuwɔnawo kple dzixɔsewo le ɖeka” la dome nɔa kplikplikpli wu. c

 Gake Yehowa Ðasefowo medea dzi ƒo na woƒe hameviwo be woagbe wo srɔ̃ siwo menye Ðasefowo o. Biblia gblɔ be: “Ne nyɔnu dzimaxɔsetɔ aɖe le nɔvi aɖe si, eye nyɔnua lɔ̃ be yeanɔ egbɔ la, ŋutsua negadzo le egbɔ o; eye ne nyɔnu aɖe srɔ̃ nye dzimaxɔsetɔ, gake ŋutsua lɔ̃ be yeanɔ egbɔ la, nyɔnua negadzo le egbɔ o.” (1 Korintotɔwo 7:12, 13) Yehowa Ðasefowo wɔna ɖe sedede sia dzi.

a Kpɔ Caesar and Christ, axa 647.

b Kpɔ nyametsotso si nye Jehovah’s Witnesses of Moscow and Others v. Russia, axa 26-​27, memama 111.

c Kpɔ Journal of Marriage and Family, Volume 72, Number 4, (August 2010), axa 963.