Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYATI SI LE AKPAA DZI

Ne Afɔku Aɖe Dzɔ—Nu Siwo Míawɔ Be Míatsi Agbe

Ne Afɔku Aɖe Dzɔ—Nu Siwo Míawɔ Be Míatsi Agbe

“Ya sesẽ si do tso nane si wó sesĩe me la tutum xlã ɖi kloe. Dzudzɔ to yatoƒe siwo le míaƒe ɔfis, si le dziƒoxɔ kɔkɔ aɖe dzi la me ge ɖe ɔfis la me eye wòlé dzo vlavlavla.”Joshua.

Anyigbaʋuʋu . . . ahom sesẽ ƒe tutu . . . ŋɔdzidonamelawo ƒe amedzidzedze . . . kple tudada amewo le sukukpodzi nye nudzɔdzɔ siwo ŋu nyadzɔdzɔgbalẽwo ƒoa nu tsoe zi geɖe. Le nyateƒe me la, nuxexlẽ tso afɔkuwo ŋu to vovo sãa na afɔku me toto ŋutɔŋutɔ. Nu kae wòle be nàwɔ hafi afɔku aɖe nadzɔ, le afɔkua dzɔɣi kple ne wòdzɔ vɔ megbe si awɔe be nàtsi agbe?

DZRA ÐO​—HAFI AFƆKU AÐE NADZƆ!

AFƆKU ate ŋu adzɔ ɖe ame sia ame dzi. Eya ta dzadzraɖo do ŋgɔ le vevie be nàte ŋu atsi agbe. Ke aleke nàdzra ɖoe?

  • Dzra ɖo le susu me. Lɔ̃ ɖe edzi be afɔkuwo dzɔna eye be afɔku ate ŋu adzɔ ɖe wò kple wò ame veviwo dzi. Ne afɔku aɖe dzɔ vɔ hafi nèbe yeadzra ɖo la, ke etsi megbe akpa.

  • Ku nu me tso afɔku siwo ate ŋu adzɔ le mia gbɔ la ŋu. Nya teƒe siwo amewo asi ayi ne afɔku dzɔ. Lé ŋku ɖe wò aƒea kple teƒe si wòle ŋu be wotui nyuie, eye wòate ŋu anɔ te ɖe afɔkua nu hã. Ðe nu siwo ate ŋu ana dzo nadze aƒe la ɖa. De mɔ̃ siwo ana nànya be dzo dze aƒe la wò aƒea ŋu eye nànɔ kpe siwo le wo me la ɖɔlim edziedzi alo zi ɖeka ya teti ƒe sia ƒe.

  • Dzra nuhiahiã veviwo ɖo. Ate ŋu adzɔ be akaɖi, tsi kple ʋuwo manɔ anyi ne afɔku dzɔ o eye fonwo hã mawɔ dɔ o. Ne ʋu le asiwò la, dze agbagba nàna ami nanɔ eme wòaɖo afã ya teti, eye nàna nuɖuɖu, tsi kple akplo si me nuhiahiã veviwo le nanɔ mia si le aƒea me ɣesiaɣi.—Kpɔ aɖaka si nye “ Ðe Nu Siwo Nèhiã La Le Asiwòa?

    Dzadzraɖo do ŋgɔ le vevie be nàte ŋu atsi agbe

  • Kaƒodzesiwo. Na xɔ̃wò siwo le kpuiƒe kple didiƒe siaa ƒe kaƒodzesiwo nanɔ asiwò.

  • Wɔ ɖoɖo ɖe ale si miasii ŋu eye minɔ eme dzrom. Teƒe si tsɔ kpuie wu si miasi ato le miaƒe aƒea me nenɔ nyanya na mi, eye nàfia viwòwo nu si woawɔ ne afɔku aɖe dzɔ le woƒe suku. Afi si ƒomea akpe ta le ne afɔku dzɔ nenɔ nyanya na mi katã; ɖeka nate ɖe mia ŋu eye ɖeka nanɔ adzɔge, ate ŋu anye sukukpo aɖe dzi loo alo gbadzaƒe aɖe. Afɔkuŋutinunyalawo ɖo aɖaŋu be wò kple wò ƒomea minɔ zɔzɔm yi teƒe siawo edziedzi.

  • Ðoe be yeakpe ɖe ame bubuwo ŋu, ame siawo dometɔ aɖewoe nye ame tsitsiwo kple dɔnɔwo.

WƆ NU KPATA​—LE AFƆKUA DZƆƔI

Joshua si ƒe nya míegblɔ va yi gblɔ be: “Esi míaƒe ɔfis lé dzo la, vɔvɔ̃ meɖo ame akpa gãtɔ o, womewɔ nu kpata o. Wo dometɔ aɖewo tsi woƒe kɔmpiutawo alo nɔ tsi kum ɖe woƒe tsigowo me. Ŋutsu aɖe ya gblɔ be: ‘Ðewohĩ ele be míalala.’” Togbɔ be amewo metsi dzi o hãa, Joshua ya do ɣli be: “Ele be míadzo fifi laa!” Enumake eƒe dɔwɔhatiwo do kplɔe ɖo ɖi to atrakpuiawo dzi ɖo ta anyigba. “Joshua yi ɣlia dodo dzi be: “Ne ame aɖe dze anyi la milée wòafɔ, mí katã míaɖi dedie!”

  • Ne dzo dze aƒe. Bɔbɔ eye nàwɔ kaba ato mɔ si te ɖe ŋuwò ado go. Esesẽ be woakpɔ nu to dzudzɔ me, eye dzudzɔ si amewo gbɔnae nana wokuna. Gblẽ nunɔamesiwo ɖi nàdzo. Ne èdzo le teƒea kaba la, ana nàtsi agbe.

  • Ne anyigba le ʋuʋum. Bè ɖe kplɔ̃ aɖe te alo ɖe gli aɖe xa. Nya be anyigbaʋuʋu suesuesuewo ate ŋu adzɔ akplɔe ɖo, eya ta do yi xexe enumake ne anya wɔ. Ate ŋu adzɔ be kpekpeɖeŋunadɔwɔlawo mava ɖo kaba o, eya ta ne àte ŋui la, dze agbagba nàkpe ɖe ame bubuwo ŋu.

  • Ne anyigba le ʋuʋum le atsiaƒu me. Ne atsiaƒutsia trɔ dzo enumake la, wɔ kaba nàyi teƒe kɔkɔ si tsia maɖo o. Nya be tsi gbogbo aɖe kple ƒutsotsoe gãwo atrɔ ava.

  • Ne ahom sesẽ aɖe le tutum. Yi teƒe si woɖo ɖi be amewo nanɔ ne ahom tu la enumake.

  • Ne tsi ɖɔ. Mèganɔ xɔ siwo me tsi ɖɔ ɖo la me o. Ƒo asa na tsimezɔzɔ alo ʋukuku to tsi me. Afɔku si manya kpɔ bɔbɔe o ate ŋu anɔ tsi si le sisim me, esia ƒe ɖewoe nye nu gbagbã siwo tsia lɔ ɖe enu, do globowo kple do siwo me elektrik-kawo to le tome.

  • Ènyaa? Tsi si le sisim si ƒe goglome mede meta ɖeka o (0.6) la ate ŋu akɔ ʋu adzoe. Ame siwo kuna le tsiɖɔɖɔ me la dometɔ geɖe nyea ame siwo dzea agbagba be yewoaku ʋu to tsi siwo le sisim me.

  • Ne dumegãwo gblɔ be misi la, dzo enumake! Na xɔ̃wòwo nanya afi si nèle, ne menye nenema o la, woava de woƒe agbe afɔku me anɔ diwòm.

    Ne dumegãwo gblɔ be misi la, dzo enumake!

  • Ènyaa? Le afɔkudzɔɣiwo la, nyatakakawo ɖoɖo ɖa to text message dzi ate ŋu anyo wu kaƒoƒo.

  • Ne dumegãwo de se be ame sia ame nenɔ eƒe me loo alo afi si wòle la, nɔ xɔ me. Ne edzɔ be aɖi xɔ yame le miaƒe nutoa me loo, nuklia-mɔ̃ aɖe wó loo alo ame aɖe wu aɖi ɖe yame tsɔ dze miaƒe nutoa dzi la, nɔ xɔ me, tu yatoƒewo, eye nàxe yatoƒe ɖe sia ɖe le ʋɔtruwo kple fesrewo ŋu. Se mia gbɔ nyadzɔdzɔwo le television alo radio dzi. Nɔ xɔ me va se ɖe esime dumegãwo gblɔ be afɔkua nu yi hafi nàdo go.

WƆ NU SIWO ANA NÀNƆ DEDIE​—NE WÒDZƆ VƆ MEGBE!

Be nàƒo asa na dɔlélewo kple afɔku bubuwo la, bu aɖaŋuɖoɖo siawo ŋu kpɔ:

  • Nɔ xɔ̃wòwo gbɔ ne anya wɔ, tsɔ wu be nànɔ afi si wosika ame gbogbowo ɖo.

  • Na afi si nèle la nanɔ dzadzɛ.

  • Zã ametakpɔnuwo ne èle gbeɖuɖɔwo lɔm. Ne anya wɔ la, do aŋesiwuiwo kple afɔkpa titri, ɖɔ xɔtulawo ƒe kuku eye nàtsɔ nu abla ŋɔti. Nɔ ŋudzɔ ɖe elektrik-kawo kple dzo siwo ate ŋu anɔ nu siwo fiã la me ŋu.

  • Yi dɔ siwo nèwɔna gbe sia gbe dzi abe ale si nèwɔnɛ ene, ne anya wɔ. Ele be viwòwo nakpɔe be wò susu dze akɔ anyi eye mɔkpɔkpɔ mebu ɖe wò o. Kpe ɖe viwòwo ŋu woawɔ woƒe sukudɔdeasiwo, fe kpli wo eye miaxlẽ Biblia, ado gbe ɖa ɖekae. Mègana nyadzɔdzɔ siwo woanɔ gbɔgblɔm tso afɔkua ŋu naxɔ susu me na wò o, eye mèganɔ dziku ɖem ɖe ƒomea me tɔwo ŋu o. Lɔ̃ woakpe ɖe ŋuwò eye nàkpe ɖe amewo ŋu.

    Le afɔkua megbe la, yi dɔ siwo nèwɔna gbe sia gbe la dzi ne anya wɔ

  • Nenɔ susu me na wò be afɔkuwo gblẽa nu. Dziɖuɖua kple kpekpeɖeŋunahabɔbɔwo ƒe taɖodzinue nye be woakpe ɖe amewo ŋu woatsi agbe menye be woaɖo woƒe nu siwo katã gblẽ la teƒe na wo o. Nu siwo ko míehiã be míanɔ agbee nye tsi nyui, nuɖuɖu, nudodowo kple mlɔƒe.—1 Timoteo 6:7, 8.

  • Nyae be nu ate ɖe dziwò eye lɔ̃ woakpe ɖe ŋuwò. Zi geɖe la, esia dzɔna ne afɔkua nu yi vɔ. Dzesia ƒe ɖewoe nye dzodzodzoetsitsi, blanuiléle kple seselelãme ƒe tɔtrɔ kpata kpakple ale si wòsesẽna be woabu tame, awɔ dɔ alo adɔ alɔ̃. Ðo dze tso eŋu na xɔ̃wò siwo tsɔa ɖe le eme na wò.

Togbɔ be Joshua tsi agbe esi dzo dze afi si wòwɔa dɔ le hã, eƒe ame nyanyɛ geɖe ku. Kristotɔ hamemetsitsiwo kple tagbɔdɔdalawo kpe ɖe eŋu. Joshua gblɔ be: “Woka ɖe edzi nam be nye nuxaxaa ate ŋu akpe ɖe ŋunye be mahaya eye be enu ava yi. Le ɣleti ade megbe la, drɔ̃e baɖabaɖa siwo mekuna la dzi ɖe kpɔtɔ. Dzesia ƒe ɖewo ya nɔ anyi didi.”

Ne afɔku dzɔ la, enana mímebua nuwo ŋu nyuie o. Esia nana ame aɖewo bua fɔ Mawu. Abe Joshua enea, “ame geɖe sea veve ɖe ame siwo tsi afɔku aɖe me la ta.” Egblɔ be “Egawɔna nam kokoko be ɖe wòle be maxɔ ame geɖe ɖe agbe hafi. Nu si dzi mexɔ see nye be madidi o Mawu aɖɔ nu madzɔmadzɔ ɖe sia ɖe ɖo le anyigba dzi, eye esia faa akɔ nam. Gake fifia, medea asixɔxɔ agbe ŋu eye mewɔa nu sia nu si mate ŋui be makpɔ eta.”—Nyaɖeɖefia 21:4, 5. *

^ mm. 33 Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso ŋugbe si Mawu do ku ɖe etsɔme ŋu kple nu si tae wòɖe mɔ ɖe fukpekpe ŋu le agbalẽ si nye Nu Kae Biblia Fia Mí? me. Àte ŋu awɔ eƒe kɔpi le www.dan124.com/ee.