Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU | SƆHƐWO

Ðe Nàde Wò Agbe Afɔku Me Le Vivisese Dzaa Ko Taa?

Ðe Nàde Wò Agbe Afɔku Me Le Vivisese Dzaa Ko Taa?

KUXIA

“Metɔ ɖe tomeketekemɔ aɖe xa eye keteke si le du dzi sesĩe la va yi ƒim. Esia na lãmetsi si woyɔna be adrenaline dzi ɖe edzi le lã me nam, eye wòna meŋlɔ nye kuxiwo be vie.”—Leon. *

“Ne meti kpo tso agakpe kɔkɔ ŋutɔ aɖe dzi dze tsi me la, mesea vivi sekɛnd ʋɛ aɖewo. Zi geɖe la, evivia nunye, gake mevɔ̃na ɣeaɖewoɣi.”—Larissa.

Abe Leon kple Larissa ene la, edzɔa dzi na sɔhɛ geɖe ne wowɔ nane si me afɔku le si gbɔ woƒe ŋutete ŋu ɣeaɖewoɣi. Ðe wòdzroa wò hã be nàwɔ nu alea? Ne edzroa wò la, ke nyati sia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò.

NU SI WÒLE BE NÀNYA

Vivisese yome titi ate ŋu azu numame. Ate ŋu ana nàse vivi ɣeyiɣi kpui aɖe eye wòana nàti vivisese yome atraɖii. Marco, si hã va tɔna ɖe tomeketekemɔ xa abe Leon ene la gblɔ be: “Eva zu numame si me afɔku le nam. Mekpɔa dzidzɔ ɣeyiɣi kpui aɖe, gake medina be magawɔe ake.”

Justin, si doa afɔkpa si gɔme taya le eye wòkuna ɖe ʋu siwo le du dzi sesĩe ŋu nɔa yiyim la gblɔ be: “Ale si wòvivi nunye na medi be magawɔe ake. Ðe mewɔe be amewo nakpɔ dzidzɔ ɖe ŋunye, gake kɔdzi kee meva nyɔ ɖo.”

Hawòtiwo ate ŋu aƒo nya ɖe nuwò nàwɔ nu si me susu mele o. Ðekakpui si ŋkɔe nye Marvin gblɔ be: “Xɔ̃nyewo ƒo nya ɖe nunye melia dziƒoxɔ kɔkɔ aɖe esi wonɔ gbɔgblɔm nam be, ‘Sẽ ŋkume, àte ŋu aliae.’ Mekpɔe be nye agbe ɖo afɔku me. Menɔ ƒoƒom kpakpakpa esi meyi glia lialia dzi.” Larissa, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi gblɔ be: “Nu si ame sia ame nɔ wɔwɔm koe nye hã mewɔ. Ðeko mekplɔ wo ɖo.”

Nu bubu si hã ƒoa nya ɖe amewo nu ye nye nu siwo ame aɖewo dana ɖe Internet dzi. Wokafua ame siwo tia nu siawo tɔgbi yome gake womeƒoa nu tsoa afɔkuawo ya ŋu o. Le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me la, ame geɖe kpɔa video siwo wodana ɖe Internet dzi ku ɖe nu siwo amewo wɔ si me afɔku le eye esia nana ame siwo wɔa nu siawo va zua ame xɔŋkɔwo.

Le kpɔɖeŋu me, video si me amewo ƒua du, liaa nu alo dzona toa mɔxenuwo (abe gliwo, aƒewo kple atrakpuiwo) ta, evɔ womezãa ametakpɔnu aɖeke o la bɔ ɖe fefe si woyɔna be parkour me. Esia ate ŋu ana nàƒo nya ta le mɔ gbegblẽ nu. Awɔ na wò be: (1) Afɔku mele wo me sɔ gbɔ o. (2) Ame sia ame le ewɔm. Esia awɔe be dzi naɖo ƒowò be yeate nu siwo dea ame ƒe agbe afɔku me la wɔwɔ kpɔ.

Mɔ nyuitɔ siwo le dedie siwo dzi nàto ado wò ŋutetewo kpɔ li. Biblia gblɔ be: “Ŋutilãmamla nyo na nu vi aɖe ko.” (1 Timoteo 4:8) Gake Ŋɔŋlɔawo ɖo aɖaŋu na wò hã be nànɔ “agbe le ŋuɖɔɖo” me. (Tito 2:12) Aleke nàwɔ esiae?

NU SI NÀTE ŊU AWƆ

Bu afɔkuawo ŋu. Biblia gblɔ be: “Aɖaŋudzela wɔa nu le nunya me, ke bometsila doa boblo eƒe bometsitsi.” (Lododowo 13:16) Hafi nàƒo ɖokuiwò ɖe nane me la, dze agbagba nànya afɔku siwo le eme. Bia ɖokuiwò be, ‘Ðe nu sia wɔwɔ ana made nye agbe afɔku me loo alo ana maxɔ abi veviea?’—Biblia ƒe mɔfiame: Lododowo 14:15.

Tia xɔlɔ̃ siwo dea asixɔxɔ agbe ŋu. Xɔlɔ̃ vavãwo made dzi ƒo na wò be nàwɔ nane si me afɔku le loo alo aƒoe ɖe nuwò nàwɔ nane si mèdi be yeawɔ hafi o. Larissa gblɔ be: “Meva dze xɔlɔ̃ vavã siwo kuna ɖe ame ŋu eye wokpe ɖe ŋunye metia nu siwo medi be mawɔ nyuie. Esi medze xɔ̃ nyuiwo ko la, ena nye agbenɔnɔ hã trɔ.”—Biblia ƒe mɔfiame: Lododowo 13:20.

Bia ɖokuiwò be, ‘Ðe nu sia wɔwɔ ana made nye agbe afɔku me loo alo ana maxɔ abi veviea?’

Àte ŋu ate wò ŋutetewo kpɔ evɔ made wò agbe afɔku me o. Agbalẽ aɖe (Adolescent Risk Behaviors) gblɔ be ne míele tsitsim la, “míesrɔ̃a ale si mía ŋutɔwo míaɖo seɖoƒe na nu siwo míate ŋu awɔ kple esiwo míate ŋu awɔ o.” Àte ŋu awɔ nu siwo magbɔ wò ŋutete ŋu o le afi si madze afɔku le o eye nàzã ametakpɔnu siwo ana nànɔ dedie.

De bubu ɖokuiwò ŋu. Ne ètea ŋu kpɔa kuxi siwo nèdoa goe gbɔ nyuie ke menye wò agbedede afɔku me be yease vivi o la, amewo ade bubu ŋuwò. Larissa gblɔ be: “Kpotiti tso agakpe kɔkɔwo dzie nye ɣeyiɣi si medze nuwɔna siwo ate ŋu ade nye agbe afɔku me la gɔme. Ne ɖe nyemedze nu mawo wɔwɔ gɔme o la, anye ne ede dzinye wu.”

Nya vevitɔe nye: Ðɔ ŋu ɖo le nu siwo nàtsɔ aɖe modzakae la tiatia me, mègade wò agbe afɔku me yakatsyɔ le vivisese yome titi ta o.—Biblia ƒe mɔfiame: Lododowo 15:24.

^ mm. 4 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia me.