Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ale Si Nàwɔ Aɖe Elektrikŋusẽ Kple Mɔ̃memi Zazã Dzi

Ale Si Nàwɔ Aɖe Elektrikŋusẽ Kple Mɔ̃memi Zazã Dzi

ELEKTRIKŊUSẼ alo mɔ̃memie dzoxɔxɔnamɔ̃ alo xɔmefamɔ̃ zãna hafi míaƒe xɔwo me xɔa dzo alo fana eye míaƒe ʋuwo zãa mɔ̃memi. Woawo kee míezãna tsɔ wɔa míaƒe gbe sia gbe dɔ geɖe. Ke hã le xexea me godoo la, ame geɖe mekpɔa elektrikŋusẽ kple mɔ̃memi si asu na wo o.

“Mɔ̃memi ƒe asi si le dzi yim kabakaba” ye nye nu si le fu ɖem na Gary, si tso South Africa. Jennifer, si tso Philippines ya tsia dzi ɖe elektrikŋusẽ ƒe anyimanɔmanɔ ŋu elabena “wotsia dzo kabakaba” le afi ma. Fernando si tso El Salvador gblɔ be, “yetsi dzi ɖe ale si elektrikŋusẽdɔwɔƒewo kple mɔ̃memiɖaƒewo gblẽa nu le nutoa me ŋu la ŋu.” Le teƒe geɖe le xexea me godoo la, nu siawo le nu gblẽm le nutowo ŋu.

Esɔ be nàbia be, ‘Aleke mawɔ anɔ te ɖe elektrikŋusẽ kple mɔ̃memi ƒe kuxi sia nu?’

Mí katã míate ŋu atiae be míazã nu siawo nyuie. Elektrikŋusẽ kple mɔ̃memi zazã dzi ɖeɖe kpɔtɔ kple wo zazã nyuie ɖea vi geɖe. Ne míeɖe wo zazã dzi la, ke míagblẽ ga boo o. Esia ana míakpe asi ɖe míaƒe nutoa ta kpɔkpɔ hã ŋu, eye wòana elektrikŋusẽ kple mɔ̃memi si li nade na amewo.

Na míade ŋugble tso mɔ etɔ̃ siwo nu míate ŋu azã elektrikŋusẽ kple mɔ̃memi le nyuie la ŋu: woawoe nye le aƒe me, le ʋuɖonyawo me kple nu siwo míewɔna gbe sia gbe.

LE AƑE ME

Zã dzoxɔxɔnamɔ̃ kple xɔmefamɔ̃ ɖe ŋku ŋu. Numekuku aɖe si wowɔ le Europa dukɔ aɖe me ɖee fia be esi woɖiɖi dzoxɔxɔnamɔ̃ vie (digri eve) le vuvɔŋɔli la, ena be woɖe elektrikŋusẽ si wozã ƒe ma me dzi kpɔtɔ ŋutɔ. Derek si le Canada lɔ̃ ɖe nya sia dzi. Egblɔ be: “Ne míedo vuvɔmewuwo le vuvɔŋɔli la enyo wu be míasi dzoxɔxɔnamɔ̃ gbãgbãgbã eye esia na míaƒe ƒomea ɖe elektrikŋusẽ zazã dzi.”

Nya sia ke ku ɖe ame siwo zãa xɔmefamɔ̃ le dukɔ siwo me dzoxɔxɔ le la ŋu. Rodolfo si le Philippines ɖea eƒe xɔmefamɔ̃ zazã dzi. Nu ka tae? Egblɔ be: “Megblẽa ga o eye míeɖea elektrikŋusẽ si míezãna dzi.”

Tu fesrewo kple ʋɔtruwo ne èsi dzoxɔxɔnamɔ̃ alo xɔmefamɔ̃. * Ne míetu ʋɔtruwo kple fesrewo hafi si dzoxɔxɔnamɔ̃ alo xɔmefamɔ̃ la, mana míagblẽ elektrikŋusẽ dome o. Le kpɔɖeŋu me, ne míetu ʋɔ o hafi si dzoxɔxɔnamɔ̃ le vuvɔŋɔli la, mɔ̃a azã elektrikŋusẽ geɖe hafi xɔa me naxɔ dzo.

Tsɔ kpe ɖe fesrewo kple ʋɔtruwo tutu ŋu la, ame aɖewo na wowɔ fesre siwo xa ya metona o ɖe woƒe aƒewo ŋu, eye esia gaɖe elektrikŋusẽa zazã dzi kura.

Zã bɔlb siwo mehea elektrikŋusẽ fũu o. Jennifer si ƒe nya míegblɔ va yi gblɔ be: “Míezãa bɔlb siwo mehea elektrikŋusẽ fũu o ɖe esiwo henɛ teƒe.” Togbɔ be bɔlb siwo mehea elektrikŋusẽ fũu o xɔ asi hã la, womezãa elektrikŋusẽ geɖe o eye esia ɖea gazazã dzi.

LE ƲUÐONYAWO ME

Mègazã wò ʋu o, ɖo ʋu ne anya wɔ. Andrew si tso Great Britain gblɔ be: “Meɖoa keteke alo doa gasɔ yia dɔme ne anya wɔ.” Agbalẽ si nye Energy: What Everyone Needs to Know ɖo ŋku edzi na mí be “ne ame tsɔ eya ŋutɔ ƒe ʋu la, ga alo ami si wòagblẽ la awu ame si ɖo bɔs alo keteke la tɔ zi gbɔ zi etɔ̃.”

Wɔ ɖoɖo ɖe teƒe siwo nàyi ŋu. Ne èwɔ ɖoɖo ɖe teƒe siwo nàyi ŋu do ŋgɔ la, ate ŋu ana nàɖe teƒe siwo nàyi dzi, eye esia ana màgblẽ mɔ̃memi, ɣeyiɣi kple ga o.

Jethro si tso Philippines wɔ ɖoɖo ɖe ga si wòazã ɖe mɔ̃memi ŋu na eƒe ʋu ɣleti sia ɣleti. Egblɔ be: “Esia nana mewɔa ɖoɖo ɖe teƒe siwo mayi ŋu nyuie wu.”

NU SIWO MÍEWƆNA GBE SIA GBE

Ðe tsi dzodzo si nèzãna dzi kpɔtɔ. Numekuku aɖe si wowɔ le Australia fia be “elektrikŋusẽ si wozã le aƒewo me la katã le alafa memama 27 eye esi wozã ɖe tsiɖoɖo dzoe ɖeɖe dzaa ŋu le esia mee nye alafa memama 1.3.”

Esi wònye be tsiɖoɖo dzoe gblẽa elektrikŋusẽ ta la, tsi dzodzo zazã dzi ɖeɖe kpɔtɔ megblẽa elektrikŋusẽ o. Victor si tso South Africa gblɔ be: “Ne anya wɔ la, míelea tsi dzodzo fũu o.” Dzɔdzɔmeŋutinunyala Steven Kenway gblɔ be: “Ne mèzãa tsi dzodzo fũu o la, aɖe vi na wò” elabena “eɖea elektrikŋusẽ kple tsi zazã dzi, eye enana elektrikŋusẽ si li la dena woazã na nu bubuwo eye wòɖea . . . gazazã dzi le aƒea me.”

Tsii. Nu siwo míatsi ƒe ɖewoe nye akaɖiwo, nu vovovo siwo zãa elektrikŋusẽ abe television, blɛnda, kɔmpiuta kple bubuawo ene. Ne wometsi nu siawo le glia ŋu keŋkeŋ o la, wogahea elektrikŋusẽ vivivi. Ame siwo nya nu tso elektrikŋusẽ ŋu ɖo aɖaŋu be míaho kaa le glia ŋu alo azã nu si ana elektrikŋusẽa ŋutɔ natsi be wòaganɔ elektrikŋusẽ hem vivivi o. Fernando si ƒe nya míegblɔ va yi la gblɔ be, “metsia akaɖi kple nu bubu siwo zãm nyemele o.”

Màte ŋu awɔ nu boo aɖeke tso elektrikŋusẽ kple mɔ̃memi ƒe asi ƒe dziyiyi alo ale si wogblẽa nu le nutoa me ŋu la ŋu o, gake àte ŋu azã wo le ŋuɖɔɖo me. Ame sia ame le agbagba dzem le xexea me godoo be yeawɔe alea. Nyateƒeae nye be elektrikŋusẽ kple mɔ̃memi zazã dzi ɖeɖe kpɔtɔ bia agbagbadzedze kple ɖoɖo nyui wɔwɔ, gake bu eƒe viɖeawo ŋu. Valeria, si tso Mexico gblɔ be, “meɖea gazazã dzi eye mekpɔa nutoa me ta.”

^ mm. 10 Zɔ ɖe dzoxɔxɔnamɔ̃ alo xɔmefamɔ̃ zazã ŋuti mɔfiameawo dzi pɛpɛpɛ. Le kpɔɖeŋu me, wowɔ mɔ̃ siawo dometɔ aɖewo ale be ya naɖo mɔ̃a gbɔ alo ya gbegblẽwo nanɔ dodom, eya ta ele be woaʋu ʋɔ alo fesre ada ɖi ne wole wo zãm.