Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 SRƆ̃ WOƑE XƆSE | YOSEF

“Miɖo To, Ne Miase Drɔ̃e” Sia

“Miɖo To, Ne Miase Drɔ̃e” Sia

YOSEF trɔ le ɣedzeƒe gome kpɔm nublanuitɔe, eye wònɔ susum be ne ɖe yeate ŋu asi le asitsala siawo gbɔ la, ne anyo ŋutɔ. Enyae be togbɛ mawo godo pɛɛ koe yewoƒe aƒe le, le Xebron. Le gaƒoƒo ma me la, fofoa, Yakob, aɖo xɔ ahaɖe dzi ɖi bɔkɔɔ, elabena fiẽ ɖo, eye menya kura be vɔ̃ aɖe dzɔ ɖe ye viŋutsu lɔlɔ̃a dzi o. Gake Yosef ɖekakpui la mate ŋu ayi egbɔ ɣemaɣi o, elabena enyae be mɔ ma si dzi yele la, ɖewohĩ yemegale ye fofo si ku amegã la kpɔ ge gbeɖe o. Asitsalawo ƒe ŋku le eŋu esi wole mɔ fiam woƒe kposɔawo le afɔmɔ si dzi ame geɖe tona la dzi ɖo ta anyiehe gome. Yosef zu wo tɔ azɔ, eye woƒe ŋku madzo le edzi aɖabaƒoƒo ɖeka gɔ̃ hã o. Wobu ɖekakpuia ko abe woƒe atike ʋeʋĩ kple ami xɔasi siwo woadzra le Egipte, anyigba didi aɖe dzi ahakpɔ viɖe geɖe la ene.

Ƒe 17 ko Yosef axɔ ɣemaɣi. Kpɔe ɖa le susu me ɖaa be Yosef ye nye ma trɔ kɔ le ɣetoɖoƒe kpɔm ɖaa esime ɣea le to ɖom le Ƒu Gã la gome, eye mete ŋu le nu si tae vɔ̃ gã sia dzɔ ɖe edzi ɖo la gɔme sem o. Esesẽ na Yosef be wòaxɔe ase be esusɔ vie ye ŋutɔ ye nɔviŋutsuwo wu ye eye mlɔeba wodzra ye yezu kluvi. Ʋiʋli bliboe wòanye nɛ be wòalé eƒe aɖatsiwo be yemafa avi o. Eye menya ale si etsɔme ava nɔ nɛ o.

Yosef ƒe ablɔɖe nu yi, gake mebu eƒe xɔse o

Aleke wòdzɔe be Yosef va kpɔ eɖokui le nɔnɔme sia me? Eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ɖekakpui sia si eya ŋutɔ ƒe ƒometɔwo lé fui ɖikaɖika hegbee la gbɔ?

ETSO ƑOME AÐE SI ME ŊUƲAƲÃ LE LA ME

Ƒome gã aɖe mee Yosef tso, gake lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ menɔ wo dome o. Nya si Biblia gblɔ tso Yakob ƒe ƒomea ŋu la ɖee fia be srɔ̃ geɖe ɖeɖe menyo o, elabena dzigbagbã sɔŋ koe wòhena vanɛ—enye nu si bɔ ɣemaɣi, eye Mawu ɖe mɔ ɖe eŋu le eƒe amewo dome va se ɖe esime Via va gbugbɔ ɖo srɔ̃ ɖeka ɖeɖe anyi, abe ale si wònɔ le gɔmedzedzea me ene. (Mateo 19:4-6) Vi siwo awu 14 ye nɔ Yakob si, eye nyɔnu enee dzi ɖeviawo nɛ—srɔ̃a eveawo, Lea kple Raxel, kple woƒe kosiawo, siwo nye Silpa kple Bilha. Gbã la, Raxel, nyɔnu dzetugbe la, ƒe nue lé dzi na Yakob. Melɔ̃ Lea, si nye Raxel nɔvinyɔnu tsitsitɔ, si woflui wòɖe, la nenema o. Ŋuʋaʋã sesẽ aɖe ɖo nyɔnu eveawo dome, eye ŋuʋaʋã ma va ge ɖe ɖeviawo  hã dome. 1 Mose 29:16-35; 30:1, 8, 19, 20; 37:35.

Raxel tsi ko ɣeyiɣi didi aɖe, eye esi wòva dzi Yosef mlɔeba la, Yakob melɔ̃a nu le ɖevi sia si wodzi nɛ le eƒe amegãkuku me la gbɔ kura o. Le kpɔɖeŋu me, esime ƒomea dze mɔ yina Yakob nɔviŋutsu Esau, si nɔ didim be yeawui la kpe ge eye Yakob nyae be ate ŋu aɖo nu gbe ɖe yewo ŋu la, Yakob kpɔ egbɔ be woɖe Raxel kple Yosef ɖevi sue la ɖe vovo be woadze aƒekɔ bliboa yome le wo megbe ke. Anɔ eme be Yosef meŋlɔ ŋkeke dziŋɔ ma be kpɔ o. Bu ale si wòse le eɖokui me le ŋdi esi wòke ŋku ɖi gãa le fofoa kpɔm wòle tɔtɔm le aku dzi eye wòabia eɖokui be nu kae wɔe hã la ŋu kpɔ. Anya wɔ nuku nɛ ŋutɔ esi wòse nu si dzɔ ɖe edzi: Eyae nye be fofoa te ka me kple mawudɔla sesẽ aɖe zã bliboa katã! Eye nu ka tae wote ka me ɖo? Yakob di be Yehowa Mawu nayra ye tae. Eye ale si Mawu ɖo eteƒe nɛ ye nye be womagayɔe be Yakob azɔ o, boŋ woayɔe be Israel. Eye ŋkɔ mae woava yɔ na dukɔ blibo aɖe! (1 Mose 32:23-32) Ɣeyiɣi aɖe megbe la, Yosef va nyae be Israel ƒe vi ŋutsuawoe anye to vovovo siwo anɔ dukɔ ma me la fofowo!

Ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, nublanuinya gbãdziname aɖe dzɔ; ame si Yosef ɖevi la lɔ̃na wu le agbe me la gblẽe ɖi kpata. Dadaa ku esime wònɔ ku lém le eyometɔ Benyamin dziɣi. Fofoa xa nu vevie le eƒe kua ta. Kpɔe ɖa le susu me be Yakob le aɖatsi tutum le ŋkume na Yosef blewuu hetsɔ mɔkpɔkpɔ si fa akɔ na Yakob tɔgbui Abraham la nɔ akɔ fam nɛ. Awɔ dɔ ɖe Yosef dzi godoo esi wòsee be Yehowa ava fɔ ye dadaa tso ku me gbe ɖeka! Ðewohĩ Yosef va lɔ̃ ‘agbagbeawo ƒe Mawu’ dɔmenyotɔ la vevie. (Luka 20:38; Hebritɔwo 11:17-19) Esi Yakob srɔ̃, Raxel, ku la, Yakob melɔ̃a nu le ŋutsuvi eve siwo wòdzi nɛ la gbɔ kura o.1 Mose 35:18-20; 37:3; 44:27-29.

Ðevi geɖewo azu vi gbegblẽwo ne wowɔ vi na wo nenema; gake Yosef ya srɔ̃ nu tso edzilawo ƒe nɔnɔme nyui geɖeawo me, etsi le xɔse me, eye wòlɔ̃ nyui helé fu vɔ̃. Esi wòxɔ ƒe 17 la, woa kple nɔviaŋutsu tsitsitɔawo le alẽwo kplɔm gbe ɖeka eye wokpɔe be wowɔ nu gbegblẽ aɖe. Ðe wòmia nu ɖe nyaa dzi kple susu be ye nɔviawo nalɔ̃ yeƒe nya? Aleke kee wòɖale o, ewɔ nu si le eteƒe. Egblɔ nu si wowɔ la na fofoa. (1 Mose 37:2) Ðewohĩ esi Yosef wɔ nu dzinɔameƒotɔe alea ye gawɔe be Yakob melɔ̃a nu le via lɔlɔ̃a gbɔ o. Kpɔɖeŋu nyui kae nye esi si ŋu wòle be sɔhɛ Kristotɔwo nade ŋugble le! Masɔ be woamia nu ɖe nu vɔ̃ gã aɖe si ame aɖe wɔ la dzi o, eɖanye wo nɔvi loo alo wo xɔlɔ̃ o, elabena nunya le eme be woasrɔ̃ Yosef ahagblɔ nu si amea wɔ la na ame siwo dze akpe ɖe nu gbegblẽ wɔlaa ŋu.3 Mose 5:1.

Míate ŋu asrɔ̃ nu nyuia aɖe hã le Yosef ƒe ƒomea ŋu. Togbɔ be Kristotɔ vavãwo meɖea srɔ̃ geɖe egbea o hã la, ƒome gãwo le wo dome siwo me  atikɔmeviwo kple atsusiviwo le. Mí katã míate ŋu akpɔe be ameŋkumekpɔkpɔ kple amedzidede wɔe be Yosef ƒe ƒometɔwo mewɔ ɖeka o. Dzila dzeaɖaŋu siwo si atikɔmeviwo le la dzea agbagba vevie nana ɖeviawo kpɔnɛ be wolɔ̃ yewo dometɔ ɖe sia ɖe eye nunana tɔxɛwo le ame sia ame si, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu awɔ eƒe akpa dzi be dzidzɔ nanɔ ƒomea me.Romatɔwo 2:11.

ŊUƲAƲÃ GE ÐE WO DOME

Yakob lɔ̃ via Yosef le esi wònye nuteƒewɔla kple ame dzɔdzɔe ta

Esi dzi nɔ Yosef ƒo ɖe nu dzɔdzɔe wɔwɔ ŋu ta la, ɖewohĩ esia tae Yakob lɔ̃ viaŋutsua vevie ɖo. Edɔ wotɔ awu tɔxɛ aɖe nɛ. (1 Mose 37:3) Woyɔa awu sia zi geɖe be awu si le amadede geɖe me, gake kpeɖodzi boo aɖeke meli be nenemae woyɔ awu la o. Anɔ eme be awu ʋlaya nyui aɖee wònye, eye ɖewohĩ awu abɔ legbee, eye wòdidi ɖo eƒe afɔ gbɔ ke. Ðewohĩ enye awu si ƒomevi bubume alo fiavi ado.

Susu nyui ye nɔ Yakob si ɖe Yosef ŋu, eye ale si fofoa ɖee fia be yelɔ̃e vevie la anya wɔ dɔ ɖe edzi godoo. Gake Yosef ato kuxi geɖe me le awu ma ta. Gbã la, ɖo ŋku edzi be alẽkplɔvie ɖekakpuia nye. Esia bia be wòatsɔ asi awɔ dɔ sesẽe. Wò ya bu eŋu kpɔ be ɖekakpuia do awu nyui ma hele zɔzɔm le gbememɔ dzi, le agakpewo liam, alo le agbagba dzem be yeaɖe alẽvi aɖe si xaxa ɖe ŋuve me. Vɔ̃ɖitɔa ye nye, aleke Yosef nɔviŋutsuwo le nu wɔ ge ɖe Yosef ŋu le awu sia si ɖe ale si gbegbe Yakob lɔ̃nɛ fia la ta?

Biblia ɖo nya sia ŋu be: “Esi nɔviawo kpɔ bena, wo fofo lɔ̃nɛ wu wo katã la, wolée ɖe fu me, eye womegaƒoa nu nɛ nyuie o.” * (1 Mose 37:4) Ðewohĩ wo tɔ dzɔ be woaʋã ŋu, gake Yosef nɔviwo mewɔ nu le nunya me esi woɖe mɔ ŋuʋaʋã vɔ̃ɖi ge ɖe wo me ɖe wo nɔvia ŋu o. (Lododowo 14:30; 27:4) Ðe wòdzɔ ɖe dziwò kpɔ be esi nèkpɔe be wode bubu si dim nèle la ame aɖe ŋu la, ŋuʋaʋã yɔ wò dzi mea? Ðo ŋku Yosef nɔviawo dzi. Woƒe ŋuʋaʋã na wowɔ nu siwo va ve wo vevie emegbe. Woƒe kpɔɖeŋua nye ŋkuɖodzinya na Kristotɔwo be enyo sãsãsã wu be ‘woakpɔ dzidzɔ kple ame siwo le dzidzɔ kpɔm.’Romatɔwo 12:15.

Yosef anya kpɔe be ye nɔviŋutsuawo lé fu ye. Ðe esia wɔe be wòtsɔa eƒe awu ʋlaya la ɣlana ne ele nɔviawo gbɔa? Ðewohĩ esia anya va susu me nɛ. Gake ɖo ŋku edzi be ɖe Yakob di be awu la nanye kpeɖodzi be yedea asixɔxɔ eŋu helɔ̃nɛ. Eya ta esi Yosef di be yeadze ye fofo ŋu ta la, edoa awua ɣesiaɣi. Eƒe kpɔɖeŋua aɖe vi na mí. Togbɔ be mía Fofo si le dziƒo la mekpɔa ame ŋkume gbeɖe o hã la, ɣeaɖewoɣi la, edea bubu tɔxɛ esubɔla wɔnuteƒewo ŋu hevea wo nu. Gakpe ɖe eŋu la, ebia tso wo si be woagasrɔ̃ gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nuwɔna siwo le xexe dzeakaɖa sia me o. Abe Yosef ƒe  awu ʋlaya tɔxɛa ene la, Kristotɔ vavãwo ƒe agbenɔnɔ nana wotoa vovo tso ame siwo dome wole gbɔ. Gake amewo ʋãa ŋu wo heléa fu wo ɣeaɖewoɣi ɖe woƒe agbenɔnɔ ta. (1 Petro 4:4) Ðe wòle be Kristotɔ naɖoe be yemana amewo nanya be Mawu subɔlae yenye oa? Ao—nenema kee masɔ kura be Yosef naɣla eƒe awu ʋlaya la o.Luka 11:33.

YOSEF ƑE DRƆ̃EAWO

Eteƒe medidi o, Yosef ku drɔ̃e eve aɖewo siwo mebɔ o. Le drɔ̃e gbãtɔa me la, Yosef kpɔe be ye kple ye nɔviŋutsuwo yewole mɔli blam le agble me. Tete yeƒe mɔli babla tsi tre hedzɔ kã; wo tɔwo va ƒo xlãe, eye wode ta agu nɛ. Le drɔ̃e evelia me la, ɣe, ɣleti kple ɣletivi 11 wode ta agu na Yosef. (1 Mose 37:6, 7, 9) Nu kae wòle be Yosef nawɔ kple drɔ̃e wɔdɔɖeamedzi mawo?

Yehowa Mawu gbɔe drɔ̃eawo tso. Nyagblɔɖinyawoe wonye, eye Mawu di be Yosef nagblɔ drɔ̃eawo me nyawo na wo. Le gɔmesese aɖe nu la, ele be Yosef nawɔ nyagblɔɖila siwo va ɖe eyome la ƒe dɔ esi wogblɔ Mawu ƒe gbedeasiwo kple eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo na Eƒe dukɔ dzeaglã la.

Yosef gblɔ na nɔviawo bubutɔe be: “Miɖo to, ne miase drɔ̃e, si meku!” Nɔviawo se drɔ̃ea gɔme eye medo dzidzɔ na wo kura o. Wogblɔ nɛ be: “Ðe nèle didim be, nàɖu fia ɖe mía nu, eye nàɖu mia dzia?” Nuŋlɔɖia gblɔ kpee be: “Tso ekema dzi wogalé fui ɖe edzi wu le eƒe drɔ̃ekuku kple eƒe nyawo ta.” Esi Yosef lĩ drɔ̃e evelia na fofoa kple nɔviawo la, wogado dziku wu tsã. Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Fofoa ka mo nɛ, eye wògblɔ nɛ bena: Drɔ̃e ka enye si nèku? Alo ɖe mía kple dawò kple nɔviwòwo míava dze klo ade ta agu na wò mahã?” Ke hã Yakob yi edzi nɔ ŋugble dem le nyaa ŋu. Ðe wòanye be Yehowae de gbe siawo asi na ɖevia?1 Mose 37:6, 8, 10, 11.

Menye Yosef ye nye Yehowa subɔla gbãtɔ si Yehowa de nyagblɔɖigbedeasi siwo ŋu amewo makpɔ dzidzɔ ɖo o la asi na be wòagblɔ, si ana woati eyome gɔ̃ hã o. Yesue nye nyagblɔɖila gãtɔ, eye egblɔ na eyomedzelawo be: “Ne woti yonyeme la, ekema woati miawo hã mia yome.” (Yohanes 15:20) Kristotɔwo katã, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa, ate ŋu asrɔ̃ Yosef ɖekakpui la ƒe xɔse kple eƒe dzinɔameƒo.

FULÉLEA ÐO SESẼAƑE

Esia megbe kpuie la, Yakob dɔ Yosef ɖekakpui la be wòayi aɖakpɔ nɔviawo ɖa, elabena nɔviaŋutsuawo le alẽwo dzi kpɔm le dziehe gome le teƒe aɖe si gogo Sixem, afi si woƒe nuwɔna na amewo lé fu wo ɖikaa le eteƒe medidi o la. Yakob anya nɔ viawo ŋu bum godoo, eya ta edɔ Yosef ɖa be wòayi aɖakpɔe ɖa be woli sesĩe hã. Ðe nàte ŋu akpɔ ale si Yosef ase le eɖokui me la le susu mea? Enya be ye nɔviwo lé fu ye fifia wu tsã! Ðe woalɔ̃ eƒe nya esi wòava dze le wo ŋkume azɔ abe wo fofo ƒe nyanuɖela enea? Ke hã Yosef ɖo to fofoa ƒe gbe hedze mɔ.1 Mose 34:25-30; 37:12-14.

Mɔ didi aɖe ŋutɔe wònye—anɔ abe ŋkeke ene alo atɔ̃ ƒe mɔzɔzɔ ene. Sixem didi tso Xebron gbɔ le dziehe gome abe kilometa 80 ene. Gake esi Yosef ɖo Sixem la, esee be ye nɔviawo ɖo ta Dotan, si gbɔ didi abe kilometa 22 lɔƒo ene le dziehe gome. Esi Yosef gogo Dotan mlɔeba la, ekpɔ nɔviaŋutsua le adzɔge ɖaa. Enumake woƒe fulélea nu gasẽ ɖe edzi. Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Wogblɔ na wo nɔewo bena: Mikpɔ drɔ̃ekula enye kem gbɔna ɖa! Mina míawui, eye míatsɔe aƒu gbe ɖe do aɖe me, eye míagblɔ bena, lã wɔadã aɖe vuvui, ekema míakpɔ nu si eƒe drɔ̃e la ava zu.” Gake Ruben ƒo nya ɖe nɔviawo nu ʋuu wolɔ̃ be yewoatsɔe aƒu gbe ɖe do aɖe me agbagbee, ewɔ esia kple susu be yeate ŋu ava ɖe ɖekakpuia le doa me emegbe.1 Mose 37:19-22.

Yosef si mele ɖeke me nyam o la te ɖe wo ŋu hele mɔ kpɔm be woaxɔ ye nyuie. Gake nɔviaŋutsuawo dze edzi! Wohe eƒe awu tɔxɛa ɖa le eŋu kple ŋusẽ, eye wohe eya amea yi tsido aɖe si le ƒuƒlu la gbɔ hetutui de eme. Yosef ge ɖe doa me ʋli! Esi eƒe mo le kɔkɔm la, edze agbagba tso ɖe eƒe afɔwo dzi, gake mate ŋu ado le doa me le eɖokui si gbeɖe o. Esi wòfɔ mo dzi la, dziŋgɔlia ko wòkpɔ kotoe eye wòle nɔviawo ƒe nuƒoƒo sem le adzɔge ɖaa. Edo ɣli yɔ wo hele kuku ɖem na wo, gake womede nu eme nɛ o. Wosẽ dzi me yi ɖabɔbɔ nɔ anyi le adzɔge heɖu nu. Esime Ruben menɔ anyi o la,  wogadi ake be yewoawu ɖekakpui la, gake Yuda ƒoe ɖe wo nu be woadzrae na asitsala mɔzɔlawo boŋ. Dotan asitsamɔ si ɖo ta Egipte la medidi tso afi ma o, eye ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Ismael-sihawo kple Midian-sitsalawo va yina. Kaka Ruben nagbɔ la, woƒo asia hedzrae xoxo. Wodza wo nɔvia kluvii xɔ klosalo blave. *1 Mose 37:23-28; 42:21.

Yosef lɔ̃ nu dzɔdzɔe wɔwɔ, ke hã nɔviawo lé fui

Azɔ míate ŋu aɖo ŋku nyati sia ƒe gɔmedzenyawo dzi. Esi wokplɔ Yosef ɖo ta anyiehe gome yina Egipte la, edze ƒãa be ebu nu sia nu. Egbe o, elɔ̃ o, wokplɔe dzoe! Tso gbe ma gbe la, magase eƒe ƒometɔwo ŋuti nya aɖeke o ƒe geɖe—makpɔ ale si gbegbe wòte ɖe Ruben dzii esi wògbɔ va kpɔe be Yosef megali o; nenema kee manya naneke tso ale si gbegbe Yakob xa nui ŋu esime woflui wòxɔe se be Yosef, ye vi lɔlɔ̃a, ku la ŋu o; eye magase nya aɖeke tso tɔgbuia Isak si gakpɔtɔ nɔ agbe ɣemaɣi la ŋu o; azɔ hã magase Benyamin, nɔviaŋutsu malɔ̃nugbɔa, si wòsusu vevie la ŋuti nya aɖeke o. Gake ɖe nu sia nu bu na Yosef vavã?1 Mose 37:29-35.

Nane gakpɔtɔ nɔ Yosef si si nɔviaŋutsuwo mate ŋu axɔ le esi gbeɖe o: eyae nye eƒe xɔse. Enya nu geɖe tso eƒe Mawu, Yehowa ŋu, eye naneke mate ŋu axɔ sidzedze ma le esi o—eƒe kaklã tso eƒe ƒometɔwo gbɔ loo, alo fu siwo wòakpe abe kluvi ene le mɔzɔzɔ didi ma me va se ɖe Egipte o, eye nenema kee ŋukpe si wònye be wodzrae kluvii na Egiptetɔ kesinɔtɔ si ŋkɔe nye Potifar gɔ̃ hã meɖe dzi le eƒo o. (1 Mose 37:36) Yosef ƒe xɔse kple tame si wòɖo kplikpaa be yeayi edzi anɔ yeƒe Mawua ŋu kplikplikpli la me nɔ sesẽm ɖe edzi esi wònɔ fu mawo kpem. Le nyati bubu siwo míava ta me la, míakpɔ ale si Yosef ƒe Mawu, Yehowa, va zã Yosef geɖe ŋutɔ le eƒe xɔse ta eye wòɖe vi geɖe na eƒe ƒometɔ siwo lé fui la gɔ̃ hã. Anyo ŋutɔ be míasrɔ̃ Yosef ƒe xɔse!

^ mm. 15 Numekula aɖewo gblɔ be Yosef nɔviawo susui be nu si yewo fofo na Yosef la ɖee fia be eɖoe be yeatsɔ ŋgɔgbevinyenyea ana ɖevi la. Wonyae be Yosef ye nye Yakob srɔ̃ malɔ̃nugbɔa ƒe vi ŋgɔgbea—eye nyɔnu mae eya ŋutɔ ɖo be yeaɖe gbã. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Ruben, si nye Yakob viŋutsu ŋgɔgbea la de asi fofoa ƒe kosi ŋu hedo vlo fofoa, eye alee wòdo vlo eƒe ŋgɔgbevinyenyea hã.1 Mose 35:22; 49:3, 4.

^ mm. 25 Biblia ŋutinya la de pɛpɛpɛ le nu suewo gɔ̃ hã me. Agbalẽ siwo woŋlɔ ɣemaɣi lɔƒo la ɖee fia be klosalo 20 ye wodzraa kluviwo le Egipte.